Vous êtes sur la page 1sur 15

AVLↃKUIWO

Avlↄkui hatsotso ene (4) ye li. Gake Ʋegbe ŋkↄ meli si mie nya nawo o.
Eyata, miada woƒe nↄnↄme tatawo ɖe afisia nami
NUKAE NANA AVLↃKUI ?
Avlↄkui ateŋ ageɖe miaƒe lãme ne mi mele miaƒe lãwo kple akpawo
ɖam wole bibim nyuie o.
Ne avlↄkui ƒe azi le ameaɖe ƒe lãme, eye wode afↄdzi ɖe teƒe aɖe la,
tagbatsuwo ateŋ adzo ɖe edzi eye woatsↄ avlↄkui ƒe azi ma ava da ɖe
miaƒe nuɖuɖuwo dzi.

Ɖeviwo hã ateŋ atsↄ avlↄkui ƒe azi mawo kple woƒe asi le manya manya
me, ne wole fefem le anyigbã.
Avlↄkui gateŋ geaɖe miaƒe lãme ne mieɖu nuɖuɖu siwo menyo o.
NUKAWOE NANA AVLↃKUI ?

Avlↄkuiwo ateŋ ageɖe lãme


ne miele afↄ ƒuƒlu zↄm.
Avlↄkui geaɖe ɖeviwo ƒe
lãme nwole ke sime avlↄkui ƒe azia le la nom

AVLↃKUI ƑE DZESIWO

1 . Ƒodo adzi ɖe amea nu.


Eye dome anↄ amea ɖum.
2 . Amea anↄ ku ɖim.
3 . Ŋti anↄ amea fiam.
4 . Amea anↄ kpe kpem.
5 . Amea anↄ sasram.
6 . Meƒui nu alo gbi nu
anↄ amea fiam.

ALESI MIAGBE NU LE
AVLↃKUIWO GBↃ LE MIAƑE AƑEWO ME
Alesi miatrↄ asi le amesi ƒe
lãme avlↄkuia le la ŋu le aƒeme.
1 . Fa aɖiba ɖiɖi eye
naku nuɖu gatsi eve (2)
2 . Ku anyitsi alo sukli
nuɖu gatsi eve (2)
3 . Natsakae kple tsi
dzodzoe kↄpo ɖeka (1)
4 . Eye na nae amea woa no.
Ɖeviwo hã ateŋ anoe.
NB: Miaga teŋ awↄ esia le
kↄsiɖa ɖeka megbe.
Ne le esia wↄwↄ vↄ megbe la, amea ƒe lãme me ɖↄɖo o la,
mikplↄe yi ɖe kↄdzi newoa kpↄ egbↄ.
Atikewo li si woatsↄ awu avlↄkuiwo le amea ƒe lãme. Kpↄ egbↄ, be ye no atike sia ɖe ɖoɖo
nyuietↄ si dↄyↄla ana wo la dzi.
Ne eyiɖe kↄdzi ko la,
dↄyↄla adowo
kpↄ eye woakpↄ
avlↄkui ƒomevi i
le fuɖem nawo la
eye woana wo eƒe atike.

Ele vevie hã be, ɤleti (4) alo (6) ɖesiaɖe la, mia no avlↄkui tike.
Vevietↄ ɖeviwo.

NE MIEDZE DZESI SIAWO KPↃKPↃ KO LA, ELEBE MIAYI KↃDZI


1 . Ne amea le kpe kpem eye ʋu le dodom.

2 . Ne amea ƒe lãme gbↄdzↄ vevie.

3 . Ne ƒodo dziɖe amea nu.

ALESI MIAGBE NU LE AVLↃKUIWO GBↃ


1 . Elebe mia de afↄdzi
ɖe gaze me. Alo afↄdzi deƒe

2. Klↄ asi nyuie ne ede afↄdzi vↄ. Eye naklↄ asi


nyuie ne ele nuɖage. Alo ne le nuɖuge.
ALESI MIAGBE NU LE AVLↃKUIWO GBↃ
1 . Elebe miaɖa miaƒe lãwo woabi
ade eme nyuie. Miga ɖu lã mumuwo
kple lã siwo mebi de eme nyuie o la o.

2 . tsↄ nu wo nuɖuɖuwo nyuie


be tagbatsuwo naga dze ɖe wo dzi o.
3 . Ɖa wo tsiwo hafi nano. Alo nano
tsi siwo ƒe dzↄtsoƒe la le kↄkoe.

ALESI MIAGBE NU LE AVLↃKUIWO GBↃ


1 . Miga ɖe asi le ɖeviwo ŋu woa nↄ ke nom o.
Miga ɖe asi le woa ŋu
woa nↄ ɖi me nↄm o.
2. Mido afↄkpa ɤe sia ɤi.
Miganↄ afↄ ƒuƒlu zↄm o.

Vous aimerez peut-être aussi